John 19

1Azɔ Pilato na woƒo Yesu kple atam vevie. 2Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ eye wodo awu dzĩ nɛ. 3Woɖu fewu le eŋu, eye wodo gbe nɛ fewuɖutɔe be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe Fia.” Eye ne wole esia wɔm la, woƒoa tome nɛ.

4Pilato gado go va xexe eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minyae bena nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”

5Ale wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo bena “Miaƒe ame lae nye esi.”

6Esi Yudatɔwo kple woƒe Osɔfogãwo kpɔ Yesu ko la, woƒe dzi fla eye wodo ɣli sesĩe bena, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Miawo ŋutɔ miyi miaklãe ɖe atia ŋu, nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”

7Woɖo eŋu nɛ bena, “Le miaƒe se nu la ele nɛ be wòaku elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe Vii.”

8Esi Pilato se nya siawo la vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã 9eya ta egakplɔ Yesu yi fiasã le mee eye wobiae be, “Kpɔ ɖa afi kae nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o.

10Pilato gabiae bena, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Mènyae be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo be mana woaklã wò ɖe ati ŋu oa?”

11Yesu gblɔ nɛ bena, “Wò la, màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o. Eya ta ame siwo kplɔm vɛ na wò la, woƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”

12Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Pilato di vevie ŋutɔ be yeaɖe asi le eŋu, gake Yudatɔwo ƒe Osɔfowo gblɔ nɛ bena, “Ne èkatse ɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Kaisaro ŋu.”

13Esi Pilato se nya siawo la ekplɔ Yesu gado goe tsɔ va wo gbɔe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi, woyɔa teƒe si woda kpe gbadza sia ɖo le Hebrigbe me be, “Gabata”. 14Ŋkeke si dzi wole nu siawo wɔm la nye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la. Eye esi ŋdɔ me ɖo la, Pilato gblɔ na Yudatɔwo bena, “Mikpɔ ɖa, miaƒe Fia lae nye esi!”

15Wo katã wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe, mikplɔe dzoe ne miaklãe ɖe ati ŋuti!”

16Ale Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋuti.

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

(Mateo 27:32-44; Marko 15:21-32; Luka 23:26-43)

17Woƒe asi su Yesu dzi mlɔeba. Wotsɔ eƒe atitsoga da ɖe abɔta nɛ be wòatsɔ eye wokplɔe do go le dua me tu ta “Ametakoloeƒe”, si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me. 18Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi. 19Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, “YESU NAZARETITƆ, YUDATƆWO ƑE FIA.” 20Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o eye woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me bena ame sia ame nate ŋu axlẽe.

21Osɔfogãwo va gblɔ na Pilato be, mele be woaŋlɔ ɖe atitsoga la ƒe tame be “Yudatɔwo ƒe Fia” o, ke boŋ neŋlɔe be, “Ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe Fia.”

22Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo. Nenɔ nenema.”

23Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke awutewui la ya la womemae o. Awu sia nye awuʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ eye ame si ɖu dzi la naxɔe”. Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awuʋlaya dzi.” Aleae asrafoawo wɔ.

25Nyɔnu aɖewo va tsi tre ɖe atitsoga la gbɔ ɣemaɣi. Woawoe nye Yesu dada, dada nɔvi si woyɔna be Maria, ame si nye Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala. 26Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”

27Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣemaɣi dzi la nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒemee.

Yesu ƒe ku

(Mateo 27:45-56; Marko 15:33-41; Luka 23:44-49)

28Esi Yesu nyae bena nu sia nu wu nu azɔ eye woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la egblɔ bena, “Tsikɔ le wuyem!” 29Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.

30Esi Yesu ɖɔe kpɔ vɔ ko la, egblɔ bena, “Ewu nu vɔ azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu.

Wotɔ akplɔ Yesu ƒe axada me

31Yudatɔwo ƒe amegãwo medi bena ameawo nanɔ atia ŋu va se ɖe Sabat ŋkeke la dzi o, eye hekpe ɖe esia ŋu la, Sabat ŋkeke sia nye Sabat tɔxɛ elabena edze Ŋutitotoŋkeke la dzi, eya ta wodi tso Pilato si bena wòana woaŋe wo katã ƒe afɔwo bena woaku kaba. Eye ne woku la, woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. 32Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo. 33Ke esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ bena eku xoxo, eya ta womegaxa ŋe eƒe afɔwo o. 34Ke hã la, asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ eye ʋu kple tsi do go. 35Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ŋlɔ nu tso eŋu na mí tsitotsito bena miawo hã miaxɔe ase.

36Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!” 37Eye ŋɔŋlɔ bubu hã gagblɔ be, “Woafɔ ŋku ɖe ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.”

Yesu ɖiɖi

(Mateo 27:57-61; Marko 15:42-47; Luka 23:50-56)

38Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ta la, va bia Pilato be wòana mɔ ye yeaɖe Yesu ƒu kukua le atia ŋu, eye Pilato na mɔe. 39Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zatiƒe la hã va eye wotsɔ ami si nana amekuku nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe la vɛ. Ami sia ƒe kpekpe me anɔ abe kilogram blaetɔ̃ sɔŋ ene eye wotsɔ atike tɔxɛ aɖewo wɔe. 40Wosi ami la nɛ eye wo kple eve la tsɔ aklala si me ami ʋeʋẽ yɔ fũ la bla Yesu ƒe kukua ɖe eme. Wowɔe abe ale si Yudatɔwo wɔna na amekuku hafi ɖina ene. 41Abɔ aɖe te ɖe afi si woklãe ɖo la ŋu eye le abɔa me la yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo ame kpɔ o la li. Eye le esime Sabat la ƒe gɔmedzedze te tu aƒe ta la, wotsɔe yi ɖaɖi ɖe yɔdo sia me. Elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.

42

Yɔdo ɖigbɔlo la

(Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Luka 24:1-12)

Copyright information for EweBEE